Revelation of John 16

Mawu ƒe dɔmedzoekplu adreawo

1Eye mese gbe gã aɖe tso gbedoxɔ la me le gbɔgblɔm na mawudɔla adreawo bena, “Miheyi ne miatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoekplu adreawo akɔ ɖe anyigba dzi.” 2Mawudɔla gbãtɔ yi ɖatrɔ eƒe kplu kɔ ɖe anyigba dzi eye dɔvɔ̃ la na be abi makumaku kple abi si naa wosea veve la, kaka ɖe ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi eye wosubɔ eƒe legba la dome.

3Mawudɔla evelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe atsiaƒu dzi eye wòtrɔ zu ʋu, ʋu si le abe ame kuku tɔ ene eye nugbagbe ɖe sia ɖe ku le atsiaƒu la me. 4Mawudɔla etɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe tɔsisiwo kple tsidzidziwo dzi eye woawo hã trɔ zu ʋu. 5Tete mese mawudɔla si kpɔa tsinyawo dzi la gblɔ bena,

“Wò la, wò ʋɔnudɔdrɔ̃ siawo le eteƒe,
Wò, kɔkɔetɔ si li fifia eye nènɔ anyi kpɔ
Wò afiatsotsowo le eteƒe.
6Elabena, wokɔ wò amekɔkɔewo kple wo nyagblɔɖilawo ƒe ʋu ɖe anyi
Eye nèkpe ʋu na wo be woano
Abe ale si dze wo ene.”
7Mese vɔsamlekpui la ɖo eŋu be,

“Ẽ, Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe eye wole dzɔdzɔe.”
8Mawudɔla enelia trɔ eƒe kplu la ɖe ɣe dzi eye wona ŋusẽ ɣe la be wòatsɔ dzo ƒe ŋusẽ aɖu amewoe. 9Ɣe la ɖu wo vevie ale gbegbe be woƒo fi de Mawu ƒe ŋkɔ, ame si kpɔ ŋusẽ ɖe dɔvɔ̃ siawo dzi. Ke wogbe be yewomatrɔ dzime atsɔ ŋutikɔkɔe anɛ o.

10Mawudɔla atɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe lã wɔadã la ƒe fiazikpui dzi eye viviti nye tsyɔ eƒe fiaɖuƒe la. Amewo ɖu aɖe le vevesese ta, 11eye woƒo fi de Dziƒomawu la le woƒe vevesesewo kple abi siwo woxɔ la ta. Gake wogbe be yewomatrɔ le yewoƒe nuwɔnawo yome o.

12Mawudɔla adelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe Frat tɔsisi gã la dzi eye emetsi la katã mie, ne wòadzra mɔ ɖo na ɣedzeƒefiawo. 13Tete mekpɔ gbɔgbɔ makɔmakɔ etɔ̃ siwo ɖi akpɔkplɔwo. Wodo go tso ʋɔ driba la ƒe nume kple lã wɔadã la ƒe nume, kpakple aʋatsonyagblɔɖila la ƒe nume. 14Wonye gbɔgbɔ vɔ̃, siwo le nukunuwo wɔm eye wodona yina ɖe xexemefiawo gbɔ ne woaƒo wo nu ƒu hena aʋawɔwɔ le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la dzi.

15“Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene! Woayra ame si le ŋudzɔ eye eƒe awuwo gale esi ale be masi adzo amamae eye wòaɖe eƒe ŋukpeƒe ɖe go o.”

16Tete woƒo fiawo katã nu ƒu ɖe teƒe aɖe si woyɔna le Hebrigbe me be Armagedon.

17Mawudɔla adrelia tsɔ eƒe kplu la trɔ ɖe yame eye gbe gã aɖe ɖi tso gbedoxɔ la me kple fiazikpui la gbɔ nɔ gbɔgblɔm be, “Wowu enu vɔ!” 18Tete dzi ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge eye anyigba ʋuʋu ŋɔdzitɔe. Anyigba meʋuʋu kpɔ nenema tso ɣesiɣi wowɔ amegbetɔ ɖe anyigbadzi o, elabena anyigbaʋuʋu la nu sẽ ŋutɔ. 19Du gã la ma ɖe akpa etɔ̃ me eye dukɔwo ƒe duwo mu dze anyi. Mawu ɖo ŋku Babilonia Gã la dzi eye wòtsɔ kplu si yɔ fũu kple eƒe dɔmedzoe helihelĩ ƒe wain la nɛ. 20Ƒukpo ɖe sia ɖe si dzo, womegakpɔ towo gɔ̃ hã o 21tsikpe gã aɖe dza tso dziƒo, eye tsikpe ɖeka ƒe kpekpeme anɔ kilogram blaade-vɔ-atɔ̃. Woge va dze amewo dzi le anyigba. Ameawo ƒo fi de Mawu le tsikpe ƒe dɔvɔ̃ la ta elabena dɔvɔ̃ la dzi ŋɔ ŋutɔ.

Copyright information for EweBEE